Mark 1:35-39

Mawunyagbɔgblɔ le duwo me

(Luka 4:42-44)

35Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa. 36Le ɣeyi ɣi a ɖe megbe la, Simɔn kple ame bubuawo do go yi ɖadii. 37Esi wokpɔe la, wogblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, ame ge ɖe le diwòm.” 38Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Ele be míayi du bubuwo hã me, be magblɔ nye gbedeasi la na woawo hã elabena esia tae meve ɖo.”

39Ale wòzɔ mɔ tsa le Galilea nutowo katã me, henɔ mawunya gblɔm le woƒe ƒuƒoƒewo eye wònɔ ga ɖem ame siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo de gae la hã.

Copyright information for EweBEE